Audio stringlengths 109 111 | Transcript stringlengths 166 12k |
|---|---|
Gbe ɖeka la, Mawudɔla aɖe tso Gilgal yi Bokim eye wògblɔ na Israelviwo be, “Mekplɔ mi tso Egiptenyigba dzi va anyigba si ŋugbe medo na mia tɔgbuiwo la dzi. Megblɔ na mi bena, nyemagbe nubabla si mewɔ kpli mi la dzi wɔwɔ o, ne miawɔ ɖeka kple ame siwo le anyigba sia dzi o. Megagblɔ na mi be, miagbã woƒe vɔsamlekpuiwo, k... | |
Ale Yehowa gblẽ dukɔ aɖewo ɖe anyigba la dzi be yeado Israelvi siwo mekpɔ aʋawɔwɔ le Kanaanyigba dzi teƒe o la kpɔ. Ewɔ esia be yeafia nu Israelviwo ƒe dzidzime ɖe sia ɖe tso aʋawɔwɔ ŋu, vevietɔ ame siwo mekpɔ aʋawɔwɔ teƒe kpɔ o. Ame siwo ganɔ anyigba la dzi kokoko woe nye Filistitɔwo ƒe du atɔ̃ me nɔlawo, Kanaantɔwo k... | |
Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, le Ehud ƒe ku megbe eya ta Yehowa tsɔ wo de asi na Yabin, Kanaan fia, ame si ɖu fia le Hazor. Eƒe aʋafia ŋkɔe nye Sisera eye wònɔ Haroset Hagoyim. Esi gatasiaɖam alafa asiekɛ nɔ esi, eye wòwɔ funyafunya Israelviwo ƒe blaeve sɔŋ ta la, Israelviwo do ɣli na Yehowa hebia eƒe ... | |
Debora kple Barak, Abinoam vi la, dzi ha sia tso woƒe dziɖuɖu wɔnuku la ŋuti.
“Mikafu Yehowa!
Israel ƒe kplɔlawo dze ŋgɔ dzideƒotɔe.
Ameawo kplɔ wo ɖo dzidzɔtɔe!
Ɛ̃, mikafu Yehowa!
“Miɖo to, mi fiawo kple fiaviwo,
mele ha dzi ge tso Yehowa ŋu,
tso Israel ƒe Mawu la ŋu.
Esi nèkplɔ mí do goe tso Seir
Heto Edom ƒe anyigb... | |
Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye ƒe adre sɔŋ wòtsɔ wo de asi na Midiantɔwo. Midiantɔwo ƒe asi sẽ ɖe Israelviwo dzi ale gbegbe be Israelviwo wɔ bebeƒewo na wo ɖokuiwo ɖe towo tome, agadowo me kple sitsoƒewo. Ne Israelviwo ƒã nukuwo la, Midiantɔwo, Amalekitɔwo kple ɣedzeƒetɔ bubuwo vana dzea Israelviwo d... | |
Gideon, ame si wogayɔna be Yerubaal kple eƒe aʋakɔ fɔ ŋdi kanya heyi keke Harɔd vudo la gbɔ. Midiantɔwo ƒe aʋakɔ ƒo ƒu ɖe Gideon ƒe aʋakɔ ƒe anyiehe lɔƒo le balime si le More to la gbɔ xa.
Yehowa gblɔ na Gideon be, “Wò aʋakɔ la sɔ gbɔ akpa! Nyemaɖe mɔ mi katã miawɔ aʋa kple Midiantɔwo o, elabena Israelviwo ava ƒo adegb... | |
Efraim ƒe towo ƒe kplɔlawo do dɔmedzoe helĩhelĩ ɖe Gideon ŋu, wobiae be, “Nu ka ta mèɖo du ɖe mí enumake esi nèho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu o?”
Ke Gideon ɖo eŋu be, “Ɖe Efraim ƒe wainxaxa mlɔetɔ menyo wu Abiezer ƒe wainxaxa blibo la oa? Mawu na mielé Oreb kple Zeb, Midiantɔwo ƒe aʋafiawo! Nu kae mewɔ si woatsɔ asɔ kple nu g... | |
Gbe ɖeka la Abimelek, Yerubaal ƒe vi, ɖi tsa yi ɖasra nyruiawo kpɔ le Sekem eye wòdo susu sia ɖe wo gbɔ be: Alekee, anyo na mi be Yerubaal ƒe vi blaadre sɔŋ naɖu fia ɖe mia dzi loo, alo be nye Abimelek, ame si nye mia vi ŋutɔŋutɔ la naɖu fia ɖe mia dzia, miyi ɖabia dumemetsitsiawo se.
Ale Abimelek nyruiawo yi dumemetsi... | |
Le Abimelek ƒe ku megbe la, Israel ƒe ʋunudrɔ̃la si va ɖe eyomee nye Tola, Pua ƒe vi kple Dodo ƒe tɔgbuiyɔvi. Etso Isaka ƒe to la me, ke enɔ Samir le Efraim ƒe tonyigba dzi. Enye ʋunudrɔ̃la na Israelviwo ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ eye esi wòku la, woɖii ɖe Samir. Ʋunudrɔ̃la si kplɔe ɖo lae nye Yair, ŋutsu aɖe si tso Gilead. Eya... | |
Yefta nye aʋawɔla sesẽ aɖe tso Gileadnyigba dzi. Dadaa nye gbolo eye fofoa ŋkɔe nye Gilead. Vi bubuwo nɔ Gilead si siwo srɔ̃a ŋutɔ dzi nɛ. Esi Gilead ƒe vi bubu siawo tsi la, wonya Yefta le anyigba la dzi, gblɔ nɛ be, “Nyɔnu bubu ƒe vi nènye! Màkpɔ domenyinu aɖeke tso mía fofo gbɔ o.”
Ale Yefta si tso fofoa ƒe aƒe me y... | |
Efraim ƒe viwo ƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu ɖe Zafɔn eye woɖo du ɖe Yefta be, “Nu ka ta mèyɔ mí be míakpe ɖe ŋuwò esi nèwɔ aʋa kple Amonitɔwo o? Míele dzo tɔ ge wò aƒe ɖe dziwò!”
Yefta ɖo eŋu be, “Meyɔ mi gake miegbe vava, esi míeɖo xaxa me la, miegbe miekpe ɖe mía ŋu o. Metsɔ nye agbe ke; míawo ɖeɖe míewɔ aʋa la eye Yehowa kpe ... | |
Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, ale Yehowa tsɔ wo de asi na Filistitɔwo ƒe blaene sɔŋ.
Ŋutsu aɖe nɔ Zora du la me, eŋkɔe nye Manoa, tso Dan ƒe to la me. Manoa srɔ̃ tsi ko, medzi vi kpɔ o. Yehowa ƒe dɔla aɖe ɖe eɖokui fiae eye wògblɔ nɛ be, “Wò la, ètsi ko eye mèdzi vi o gake èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi. Az... | |
Gbe ɖeka la, Samson yi Timna eye wòkpɔ Filisti ɖetugbi aɖe. Esi wòtrɔ gbɔ la, egblɔ na fofoa kple dadaa bena yedi be yeaɖee.
Dzilawo melɔ̃ ɖe edzi nɛ kura o, wobiae be, “Nu ka ta màɖe Yuda ɖetugbi aɖeke o? Nu ka ta nàɖe srɔ̃ tso Filistitɔ, ame siwo nye trɔ̃subɔlawo dome? Nyɔnuvi aɖeke mele Israelviwo dome nàte ŋu aɖe o... | |
Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe, le luxaɣi la, Samson tsɔ gbɔ̃vi aɖe yi be yeatsɔ ana ye srɔ̃ eye yeadɔ kplii gake srɔ̃a fofo meɖe mɔ nɛ o. Egblɔ na Samson be, “Mebu xaa be ɖe nèlé fui eya ta metsɔe na xɔ̃wò wòɖe. Nɔvia suetɔ hã li, ame si dze tugbe wui eya ta àte ŋu aɖe eya boŋ.”
Nu sia do dɔmedzoe na Samson ŋutɔ eya ta wòbl... | |
Gbe ɖeka la, Samson yi Filistitɔwo ƒe du si woyɔna be Gaza la me eye wòtsi gbolo aɖe gbɔ dɔ. Wofi tofi na amewo be wokpɔ Samson le dua me eya ta wona nyanya duŋudzɔlawo. Ŋutsu geɖewo de xa ɖi nɛ zã blibo la le dua ƒe agbo nu, ale be ne eva dzo yina la, yewoalée. Wogblɔ le wo ɖokui dome be, “Ne ŋu ke eye asifli le dzedz... | |
Ŋutsu aɖe nɔ Efraim ƒe tonyigba dzi, eŋkɔe nye Mika.
Gbe ɖeka la, Mika gblɔ na dadaa be, “Wò klosalo akpe ɖeka kple alafa si nèbe ame aɖe fi, eye nèle fi ƒom le amea dem lae nye esi. Nyee fii.”
Dadaa gblɔ nɛ be, “Mawu nayra wò le ale si nèʋu eme nam la ta.” Mika trɔ ga la na dadaa eye dadaa gblɔ nɛ be, “Makɔ ga la ŋu a... | |
Fia aɖeke menɔ Israel ɣe ma ɣi o.
Dan ƒe to la nɔ teƒe aɖe dim be yewoanɔ elabena womenya amewo ɖa le anyigba si woma na wo la dzi haɖe o eya ta Dan ƒe to la tia kalẽtɔ atɔ̃ tso Zora kple Estaol duwo me be woayi aɖatsa ŋku le anyigba si dzi wodi be yewoanɔ la dzi. Esi wova ɖo Efraim ƒe tonyigba dzi la, wodze Mika ƒe aƒ... | |
Le ɣe ma ɣi me la, fia aɖeke menɔ Israel o.
Ŋutsu aɖe tso Levi ƒe viwo dome nɔ Efraim ƒe tonyigba dzi ƒe kɔƒe aɖe me. Etsɔ ahiãvi tso Betlehem le Yuda. Ke nyɔnuvi la do dɔmedzoe ɖe eŋu eye wòsi yi fofoa gbɔ le Betlehem, henɔ afi ma ɣleti ene. Ŋutsu sia kplɔ subɔla ɖeka kple tedzi eve yi be yewoable ahiãvi la nu akplɔe ... | |
Ale Israelviwo katã tso Dan va se ɖe Beerseba kple Gileadnyigba dzi la ƒo ƒu abe ame ɖeka ene ɖe Yehowa ŋkume le Mizpa. Israelviwo ƒe towo katã ƒe kplɔlawo nɔ Mawu ƒe amewo ƒe ƒuƒoƒo la me kple asrafo akpe alafa ene (400,000), ame siwo lé yiwo ɖe asi. Benyamin ƒe to la se nu tso Israelviwo ƒe aʋakɔ ƒe ƒuƒoƒo ɖe Mizpa ŋ... | |
Israel ƒe kplɔlawo ka atam na Yehowa le Mizpa be yewomatsɔ yewoƒe ɖetugbiwo ana Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsuwo woaɖe gbeɖegbeɖe o. Azɔ la, Israelviwo ƒe kplɔlawo kpe ta le Betel eye wofa avi na Mawu vevie va se ɖe fiẽ.
Wofa avi gblɔ be, “Oo, Yehowa, Israel ƒe Mawu, nu ka ta wòva eme be míaƒe towo dometɔ ɖeka le bubum le ... | |
Esi Fia David tsi xɔ ƒe geɖe la, vuvɔ wɔnɛ ale gbegbe be, ne wotsyɔ avɔ geɖe nɛ hã la, vuvɔ gawɔnɛ kokoko. Esia ta eƒe dɔlawo gblɔ nɛ be, “Na míadi ɖetugbi si menya ŋutsu o la ne wòanɔ fia la gbɔ anɔ edzi kpɔm. Ate ŋu amlɔ egbɔ ale be wòade dzo lãme na míaƒe aƒetɔ, fia la.”
Wodi nyɔnuvi dzetugbe aɖe le Israelnyigba bli... | |
Esi Fia David ƒe kuɣi ɖo vɔ la, egblɔ na via, Solomo be:
“Mele demagbɔnugbe yim eya ta lé dzi ɖe ƒo, nàwɔ kalẽ. Wɔ nu siwo katã Yehowa, wò Mawu ɖo na wò. Wɔ eƒe se siwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe agbalẽ me la dzi ale be nu sia nu si nàwɔ le go ɖe sia ɖe me la nadze edzi na wò. Ne èwɔ alea la, ekema Yehowa awɔ ŋugbe si wòdo ... | |
Solomo wɔ ɖeka kple Farao, Egipte fia eye wòɖe via nyɔnu aɖe. Ekplɔe va David ƒe du la me va se ɖe esime wòawu eƒe fiasã la kple Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu kple gliɖoɖo ƒo xlã Yerusalem nu. Le ɣe ma ɣi la, Israel saa vɔ le vɔsamlekpuiwo dzi le toawo dzi elabena wometu Yehowa ƒe gbedoxɔ haɖe o. Fia Solomo lɔ̃ Yehowa eye ... | |
Ale Fia Solomo ɖu fia ɖe Israel blibo la dzi.
Eƒe dumegãwoe nye:
Azaria, Zadok ƒe vi nye nunɔla;
Elihoref kple Ahiya, Sisa ƒe viwo nye nuŋlɔlawo;
Yehosafat, Ahilud ƒe vi nye ame si ŋlɔa takpekpemenyawo dana ɖi eye wòkpɔa nu xoxowo dzi;
Benaya, Yehoiada ƒe vi nye aʋafia na dukɔ la;
Zadok kple Abiata nye nunɔlawo.
Azar... | |
Esi Tiro fia, Hiram se be wosi ami na Solomo heɖoe fiae ɖe fofoa, David teƒe la, eɖo eƒe ame dɔdɔwo ɖe Solomo elabena eya kple David wonye xɔlɔ̃ veviwo. Solomo hã ɖo du sia ɖe Hiram:
“Ènya be le aʋa siwo futɔwo tso afi sia afi wɔ kple fofonye, David ta la, fofonye mete ŋu tu gbedoxɔ na Yehowa, eƒe Mawu ƒe ŋkɔ o, va se ... | |
Le ƒe alafa ene blaenyilia me, le Israelviwo ƒe gododo le Egipte megbe, esi nye Solomo ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe ƒe enelia me le dzinu evelia, Zib me la, edze Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu gɔme.
Gbedoxɔ si Fia Solomo tu na Yehowa la didi mita blaeve-vɔ-adre, keke mita asiekɛ eye wòkɔ mita wuietɔ̃ kple afã. Akpata si le gbedo... | |
Solomo tu fiasã na eɖokui; fiasã la tutu xɔ ƒe wuietɔ̃. Woyɔa fiasã la ƒe xɔ ɖeka be, “Lebanon ƒe Avexɔ.” Elolo ŋutɔ, edidi mita blaene-vɔ-ade, keke mita blaeve-vɔ-etɔ̃ eye wòkɔ mita wuietɔ̃ kple afã. Sedati ƒe daɖedzi gãwo nɔ sedati ƒe sɔti siwo wotu ɖe agbaka ene me la dzi. Wogbae kple sedati ɖe daɖedziawo tame. Daɖe... | |
Azɔ la, Fia Solomo ƒo Israelviwo ƒe kplɔlawo, towo kple hlɔ̃wo ƒe tatɔwo katã nu ƒu ɖe Yerusalem be, woakpɔ ale si woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso agbadɔ la me le Zion, David ƒe du la me, ayi gbedoxɔ la me la teƒe. Tete Israel ŋutsuwo katã kpe ta ɖe Fia Solomo gbɔ le Agbadɔmeŋkekenyui la ɖuɣi le ɣleti adrelia me.
E... | |
Esi fia Solomo wu gbedoxɔ la kple fiasã la kple xɔ bubu siwo wòɖo be yeatu nu la, Yehowa gaɖe eɖokui fiae zi evelia abe ale si wòɖe eɖokui fiae zi gbãtɔ le Gibeon ene. Yehowa gblɔ nɛ be,
“Mese wò gbedodoɖa kple wò kokoƒoƒowo; mekɔ gbedoxɔ si nètu la ŋu to nye ŋkɔ dada ɖe edzi me tegbetegbe. Nye ŋkuwo kple nye dzi anɔ a... | |
Esi Seba fianyɔnu se ale si Solomo xɔ ŋkɔe kple kadodo si le eya kple Yehowa ƒe ŋkɔ dome la, eva be yeadoe kpɔ kple biabia sesẽ aɖewo. Eva ɖo Yerusalem kple kposɔ geɖe siwo tsɔ atike ʋeʋĩwo, sika kple kpe xɔasiwo. Etsɔ nya geɖe siwo nɔ eƒe susu me la ɖo Solomo ƒe ŋkume. Fia Solomo te ŋu ɖo eƒe biabiawo katã ŋu, naneke ... | |
Ke hã la, Fia Solomo galɔ̃ dutanyɔnu geɖewo kpe ɖe Farao ƒe vinyɔnu la ŋuti. Nyɔnuawo nye srɔ̃awo kpe ɖe Egipte fiavinyɔnu la ŋu. Srɔ̃awo dometɔ geɖewo nye Moabtɔwo, Amonitɔwo, Edomtɔwo, Sidontɔwo kple Hititɔwo. Togbɔ be Yehowa de se na eƒe amewo be womegaɖe srɔ̃ tso dukɔ bubuwo me o elabena dukɔ bubu mawo ƒe nyɔnuwo a... | |
Rehoboam yi Sekem elabena Israelviwo katã yi afi ma be woaɖoe fiae. Esi Yeroboam, Nebat ƒe viŋutsu se nya sia la, etrɔ gbɔ tso Egipte, afi si wòsi le Fia Solomo nu yi ɖabe ɖo. Ale woɖo du ɖe Yeroboam eye eya kple Israel blibo la yi Rehoboam gbɔ ɖagblɔ nɛ be, “Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi. Ke azɔ la, wò la, ɖe... | |
Le Yehowa ƒe nya nu la, Mawu ƒe ame aɖe tso Yuda va Betel esi Yeroboam nɔ tsitre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ be yeado dzudzɔ ʋeʋĩ. Edo ɣli ɖe vɔsamlekpui la ŋu le Yehowa ƒe nya nu be, “Oo, vɔsamlekpui, vɔsamlekpui, ale Yehowa gblɔe nye si, ‘Woadzi viŋutsuvi aɖe si woayɔ be Yosia la na David ƒe aƒe. Dziwòe nunɔla siwo saa vɔ ... | |
Le ɣe ma ɣi me la, Yeroboam ƒe vi, Abiya dze dɔ eye Yeroboam gblɔ na srɔ̃a be, “Yi, nàtrɔ ɖokuiwò ale be womanya be wòe nye Yeroboam srɔ̃ o, emegbe nàyi Silo. Nyagblɔɖila Ahiya le afi ma, ame si gblɔ nam be manye fia ɖe ame siawo dzi. Tsɔ abolo meme ewo kple akpɔnɔ vivi kple anyitsi goe ɖeka ɖe asi eye nàyi egbɔ. Agblɔ... | |
Le Yeroboam, Nebat ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me la, Abiyam zu Yuda fia. Eɖu fia ƒe etɔ̃ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Maaka, Abisalom ƒe vinyɔnu.
Abiyam nye nu vɔ̃ wɔla gã aɖe abe fofoa ene eye eƒe dzi menɔ Yehowa, eƒe Mawu ŋu abe Fia David ene o. Togbɔ be Abiyam wɔ nu vɔ̃ hã la, le Fia David ta la, Yehowa mena ... | |
Le ɣeyiɣi sia me la, Yehowa ƒe gbe va na Fia Baasa to Nyagblɔɖila Yehu dzi be, “Meɖe wò tso ke me be, nàɖu fia ɖe nye dukɔ Israel dzi. Ke èto Yeroboam ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ƒe mɔwo dzi. Èna nye dukɔ, Israel wɔ nu vɔ̃ eye wodo dziku nam kple woƒe nu vɔ̃wo, eya ta azɔ la, matsrɔ̃ wò kple wò ƒometɔwo abe ale si metsrɔ̃ Yeroboam ... | |
Azɔ la Eliya, Tisbitɔ si tso Tisbi le Gilead la va gblɔ na Ahab be, “Meta Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe agbe, ame si mesubɔna la be zãmu loo alo tsi madza le ƒe siwo gbɔna la me o negbe le nye nya nu ko.”
Yehowa gblɔ na Eliya bena, “Yi ɣedzeƒe eye nàbe ɖe Kerit tɔʋu la to, le afi si tɔʋu sia de nu Yɔdan tɔsisi la me le ... | |
Le ɣeyiɣi didi aɖe megbe, le ƒe etɔ̃lia me la, Yehowa ƒe nya va na Eliya be, “Yi nàtsɔ ɖokuiwò afia Ahab eye mana tsi nadza ɖe anyigba dzi.”
Ale Eliya ɖagblɔe na Fia Ahab. Le ɣeyiɣi sia me la, dɔwuame nu sẽ ŋutɔ le Samaria. Ame si kpɔa Fia Ahab ƒe aƒemenyawo dzi lae nye Obadiya, ame si nye mawuvɔ̃la aɖe. Eva eme be fia... | |
Azɔ la, Ahab gblɔ nu siwo katã Eliya wɔ, ale si wòwu nyagblɔɖilawo katã kple yi la na Yezebel eya ta Yezebel ɖo dɔlawo ɖe Eliya be woagblɔ nɛ be, “Mawuawo nefiam ne woagafiam ɖe edzi nenye be etsɔ woaleawoɣi la, nyemewɔ wò agbe abe wo dometɔ ɖeka tɔ ene o.”
Ale Eliya si, le eƒe agbe ta heyi Beerseba si nye du aɖe le Yu... | |
Azɔ la, Aram Fia Ben Hadad ƒo eƒe aʋakɔwo katã nu ƒu eye fia blaetɔ̃-vɔ-eve kple woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo kplɔe ɖo. Eyi ɖaɖe to ɖe Samaria eye wòwɔ aʋa kplii. Eɖo ame dɔdɔwo ɖe Ahab, Israel fia gbɔ be woagblɔ nɛ be, “Ben Hadad be, ‘Wò klosalo kple sika nye tɔnye eye srɔ̃wòwo kple viwòwo dometɔ nyuitɔwo nye tɔnye.’ ”
I... | |
Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, nya aɖe va dzɔ ku ɖe Nabɔt, Yezreltɔ ƒe waingble ŋuti. Waingble la nɔ Yezreel eye wòte ɖe Samaria fia, Ahab ƒe fiasã ŋu. Gbe ɖeka la, Fia Ahab bia Nabɔt be wòadzra anyigba la na ye. Fia la ɖe eme nɛ be, “Medi be mawɔ abɔ aɖe ɖe anyigba sia dzi elabena ete ɖe nye fiasã la ŋu. Egblɔ be yeaxe ga ... | |
Aʋawɔwɔ meganɔ Aramtɔwo kple Israelviwo dome o hena ƒe etɔ̃. Le ƒe etɔ̃lia me, esime Yuda fia Yehosafat va kpɔ Israel fia Ahab ɖa la, Ahab gblɔ na eŋumewo be, “Mienya be Siriatɔwo gale míaƒe du, Ramot Gilead me kokoko hafi miele afi sia, miele naneke wɔm tso eŋu oa?”
Fia Ahab bia Fia Yehosafat be, “Àte ŋu akpe ɖe ŋunye... | |
Nye, Paulo, ame si Mawu tia be wòanye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla kple nɔvi xɔsetɔ
Timoteo gbɔe agbalẽ sia tso, Na Kristotɔ nuteƒewɔlawo kple Mawu ƒe ame siwo ŋu
wokɔ le Kolose dua me. Mawu mía Fofo la ƒe ŋutifafa kple amenuveve nanɔ kpli
mi. Ɣe sia ɣi ne míele gbe dom ɖa ɖe mia ta la, míedzea egɔme kple akpedada na
Maw... | |
Adzɔ dzi nam ŋutɔ nenye be ɖe mianya ale si meʋlina ŋutɔ ɖe miawo kple ame siwo
le Laodikea la kple nɔvi vevi bubu siwo menyam kura o la hã ta. Nu si mebia Mawu
na mi lae nye be dzideƒo nanɔ mia si, eye lɔlɔ̃ ƒe ŋusẽ nabla mi ɖekae, ale be
miate ŋu akpɔ mɔnu anya Kristo le kakaɖedzi me kple gɔmesese deto vavãtɔ,
elaben... | |
Azɔ esi mietsi tsitre kple Kristo tso ku me ta la, midi nu siwo le dziƒo, afi si
Kristo bɔbɔ nɔ anyi ɖo le Mawu ƒe ɖusime. Mina dziƒonuwo ŋuti bubu naxɔ miaƒe
susuwo me; migagblẽ miaƒe ɣeyiɣiwo anɔ anyigbadzinuwo ŋuti bum o. Elabena mieku,
eye wotsɔ mi kpakple Kristo ƒe agbe ɣla ɖe Mawu me. Ne Kristo si nye miaƒe agbe
... | |
Mi aƒetɔwo la, ele be miawɔ nu si nyo, eye wòdze la ɖe miaƒe kluviwo ŋu. Miɖo
ŋku edzi ɣe sia ɣi be miawo hã la, Aƒetɔ le mia si le dziƒo. Mido vevi
gbedodoɖa, minɔ ŋudzɔ, eye mida akpe na Mawu. Mido gbe ɖa ɖe míawo hã ta be Mawu
naʋu agbo na míaƒe mawunyagbɔgblɔ be míaɖe gbeƒã Kristo ƒe nu ɣaɣlawo, esi ta
mele ga me ... |
Subsets and Splits
No community queries yet
The top public SQL queries from the community will appear here once available.